2 Samuel 6:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
David kple eƒe ameawo katã dze mɔ tso Baala Yuda be woaɖakɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la tso afi ma vɛ. Woyɔa Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, ame si le Kerubi siwo le nubablaɖaka la dzi la ƒe ŋkɔ ɖe eŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Dawid kple dukɔ blibo, si le eŋu la, dze mɔ yi Baal-Yuda, ne woatsɔ Mawu ƒe aɖaka, si ŋu woyɔa Yehowa Zebaot, amesi le Kerubiwo ta me ƒe ŋkɔ ɖo la, atso afima.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya kple dukɔ blibo la dze mɔ yi Baal-Yuda bene woatsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la vɛ. Aƒetɔ, Ŋusẽkatãtɔ la ŋkɔ le aɖaka la ŋu, eye eƒe fiazikpui le kerubiawo tame.