2 Samuel 6:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
David hã yi eƒe aƒe me eye wòyra eƒe aƒemetɔwo. Mixal va do goe eye wògblɔ na David fewuɖutɔe be, “Israel fia la de bubu gã aɖe ŋutɔ eɖokui ŋu egbe! Eɖe eɖokui fia nyɔnuviwo le ablɔ dzi abe yakame gbɔlo aɖe ene!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Dawid yi gbe do ge na eƒemetɔwo la, tete Saul vinyɔnu Mixal va kpe Dawid gblɔ bena: Aleke gbegbe Israel-fia de bubu eɖokui ŋu heɖe ama le eteviwo ƒe dɔlanyɔnuwo ŋku me egbe, abe alesi yakamewo ɖea amae ene!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Emegbe, esi David yi aƒeme be yeado gbe na ye ƒemetɔwo la, Mixal do va kpee gblɔ be: “Egbe Israel-fia ɖe bubu eɖokui ŋu menye fefe o. Ɖeko wònɔ nu klom le eɖokui ŋu le eteviwo ƒe nyɔnudɔlawo ŋkume, abe ale si yakamewo wɔna ŋukpe manɔmee ene.”