2 Samuel 6:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
David ɖo eŋu be, “Yehowa, ame si tiam ɖe fofowò kple eƒe ƒome la teƒe eye wòɖom kplɔlae ɖe Israel, Yehowa ƒe amewo, nu la ŋkumee meɖu ɣe le! Eya ta mele klalo be mawɔ nu abe abunɛtɔ ene ale be maɖe nye dzidzɔkpɔkpɔ le Yehowa me afia.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Dawid gblɔ na Mixal bena: Yehowa, amesi ŋu nye nu nyo wu fofowò kple eƒe aƒe blibo la, eye wòtsɔm ɖo amegã ɖe Yehowa ƒe dukɔ Israel nu la, ŋku mee meɖu ɣe le!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David ɖo eŋu nɛ be: “Ɖe meɖu ɣea be made bubu Aƒetɔ ŋu. Eyae tiam be manye eƒe dukɔ Israel ƒe amegã elabe nye nu nyo eŋu wu tɔ́wò kple eƒe ƒomea katã tɔ. Nyemadzudzɔ dzidzɔkpɔkpɔ le eŋkume akpɔ o,