2 Samuel 6:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wokɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la da ɖe tasiaɖam yeye aɖe dzi eye wokɔe tso Abinadab ƒe aƒe si le toa ŋu la me. Ame siwo tutu tasiaɖam la woe nye Abinadab ƒe viŋutsuwo, Uza kple Ahio.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woɖa Mawu ƒe aɖaka la ɖe tasiaɖam yeyea ɖe me, eye wotsɔe tso Abinadab ƒe aƒe, si le togbɛ dzi la me, eye Abinadab viwo Usa kple Axio kplɔ tasiaɖam yeye la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wokɔe tso Abinadab ƒeme le togbɛ aɖe dzi, eye wodae ɖe keke yeye dzi. Usa kple Axio, Abinadab viwoe nɔ kekea ŋu.