2 Samuel 6:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
David kple Israel ƒe aƒe blibo la katã nɔ dzidzɔ kpɔm, nɔ ɣe ɖum kple woƒe ŋusẽ katã le Yehowa ŋkume. Wonɔ ha dzim ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo, gaviwo kple gakogoewo ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Dawid kple Israel ƒe aƒe blibo la le ɣe ɖum kple ŋusẽ katã hele ha dzim ɖe saŋku kple kasaŋku, axatsɛ, nyawowoe kple gakogoe ŋu le Yehowa ŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David kple Israelviwo katã nɔ ha dzim, nɔ ɣe ɖum eye wonɔ dzidzɔ kpɔm ɖe saŋku kple kasaŋku, axatsɛ, nyawowoe kple gakogoe ƒe ɖiɖi dzi kple ŋusẽ le Aƒetɔ ŋkume.