2 Samuel 8:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eɖu Moabtɔwo hã dzi eye wòna Moabtɔwo mlɔ anyi ɖe wo nɔewo xa le fliwo me. Etsɔ dzidzeka dzidze wo eye wòma wo ɖe akpa etɔ̃ me. Ewu ameawo ƒe akpa eve, ena akpa etɔ̃lia me tɔwo zu eƒe subɔlawo eye wòna wodzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Emegbe wòsi Moabitɔwo, eye wòna womlɔ anyigba, eye wòdzidze wo kple ka; edzidze ka eve be, woawu, eye wòdzidze ka ɖeka be, woanɔ agbe. Ale Moabitɔwo zu Dawid ƒe dɔlawo, siwo dzɔ nu nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eyome la, eɖu Moabtɔwo hã dzi. Ena ame siwo wòlé le aʋa la me la mlɔ anyigba ɖe fli me. Ne exlẽ fli eve la, ewua wo eye wogblẽa fli blibo ɖeka ɖi. Ale Moabtɔwo va zu David teviwo eye wodzɔa nu nɛ.