2 Samuel 8:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
David lé sɔdola akpe wuiadre (17,000) kple afɔzɔla akpe blaeve (20,000), etu ata na sɔawo katã negbe wo dometɔ alafa ɖeka ko.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Dawid lé sɔdola akpe ɖeka kple alafa adre kpakple afɔzɔla akpe blave, eye Dawid du ata na so, siwo katã wotsi ɖe tasiaɖamwo ŋu la, negbe sɔ alafa ɖeka ko wõkpɔtɔ ɖi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David lé eƒe sɔdola akpe ɖeka alafa adrẽ kple afɔzɔla akpe bla eve. David tso agbeka na sɔ siwo katã wotsi ɖe tasiaɖamwo ŋu la, eye woƒe ata tu; negbe sɔ alafa ɖeka ko wòsusɔ ɖi.