2 Samuel 8:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
David da asrafo aɖewo ɖe Damasko si nye Aramtɔwo ƒe fiadu la me. Ale Aramtɔwo zu David tenɔlawo eye wodzɔa adzɔga nɛ ƒe sia ƒe. Ale Yehowa na David ɖua dzi le afi sia afi si wòayi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Dawid ɖe amewo ɖo Aramtɔwo ƒe Damasko, eye Aramtɔwo zu Dawid ƒe dolawo, siwo dza nu nɛ. Eye Yehowa kpe ɖe Dawid ŋu le afisiafi, si wòyi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ David ɖo asrafowo nɔƒe ɖe woƒe nutome me, da eƒe amewo ɖi, eye Siriatɔwo zu eteviwo hedzɔa nu nɛ. Aƒetɔ kpe ɖe David ŋu wòɖu dzi le afi sia afi si wòyi la.