2 Samuel 9:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Mefiboset, ame si nye Yonatan ƒe viŋutsu kple Saul ƒe tɔgbuiyɔvi va ɖo David gbɔ la, ede ta agu hede bubu eŋu. David yɔe be, “Mefiboset!” Mefiboset ɖo eŋu be, “Nye, wò dɔlae nye esi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi Saul vi Yonatan ƒe vi Mefiboset va Dawid gbɔ la, etsyɔ mo anyi, eye wobɔbɔ. Tete Dawid gblɔ bena: Mefiboset! Etɔ bena: Wò dɔla enye si.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eŋkɔe nye Mefiboset. Enye Yonatan vi, eye wònye Saul ƒe tɔgbuiyɔvi. Esi wòva la, ebɔbɔ tsyɔ mo anyi. Tete David yɔe be: “Mefiboset!” Etɔ be: “Nyee nye esi.”