2 Thessalonians 1:12 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema ame sia ame anɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ kafum ɖe nu nyui siwo do go tso mia me wokpɔ la ta, eye miaƒe ŋutikɔkɔe gãtɔ kekeakee nye be miava nye etɔ. Míaƒe Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ana esiawo katã ava eme na mi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
bene wòakɔ mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la ŋuti le mia me, eye wòakɔ miawo hã mia ŋuti le eyama me le mía Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mía Mawu kple Aƒetɔ Yesu neve mia nu, ale be miado mía Aƒetɔ Yesu ŋkɔ ɖe dzi, ne eya hã nado mi ɖe dzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ekema ame sia ame anɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ kafum ɖe nu nyui siwo do go tso mia me wokpɔ la ta; eye miaƒe ŋutikɔkɔe gãtɔ kekeake enye be miava nye etɔ. Míaƒe Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ana esiawo katã ava eme na mi.