2 Thessalonians 1:3 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nɔvi lɔlɔ̃awo, ele be míatsɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta. Menye nu dzeame ko wònye na mí o, ke boŋ míaƒe dɔ wònye be míawɔ na Mawu ɖe ale si miaƒe xɔse tsi ɖe edzi nukutɔe, eye miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo hã de to ŋutɔ la ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ele na mí bena, míada akpe na Mawu ɖaasi le mia ta, nɔviwo, abe alesi dze ene; elabena miaƒe xɔse tsina ŋutɔ, eye mi katã mia dome amesiame ƒe lɔlɔ̃, si mietsɔna lɔ̃a mia nɔewo la, sɔa gbɔ ɖe edzi,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nɔviwo, ele na mí be míada akpe na Mawu ɣe sia ɣi le mia ta. Esia dze, elabe miaƒe xɔse le tsitsim ɖe edzi ŋusẽtɔe, eye miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo hã le to dem ŋutɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nɔvi lɔlɔ̃awo, akpedada na Mawu ɖe mia ta menye nu dzeame ko wònye na mí o, ke boŋ míaƒe dɔ wònye be míawɔ na Mawu ɖe ale si miaƒe xɔse tsi ɖe edzi nukutɔe eye miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo hã de to ŋutɔ la ta.