2 Thessalonians 1:4 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Enye dzidzɔ na mí be míaƒo adegbe tso miaƒe dzigbɔɖi kple ale si miaƒe xɔse de to le Mawu me la ŋu na hame bubuwo, togbɔ be miele fukpekpe kple ɣeyiɣi sesẽwo me tom hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ale bena mia ŋutɔwo míeƒoa adegbe le mia ta le Mawu ƒe hameawo me le miaƒe dzidodo kple miaƒe xɔse, si le mia si le miaƒe yometitiwo kple xaxa, siwo miekpɔna me la ŋuti;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Míetsɔa mi ƒoa adegbee na Mawu ƒe hameawo elabe, togbɔ be wole mia yome tim, eye miele fu geɖe kpem hã la, miaƒe xɔse la gale te sesĩe ko.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Enye dzidzɔ na mí be míaƒo adegbe tso miaƒe dzigbɔɖi kple ale si miaƒe xɔse de to le Mawu me la ŋu na hame bubuwo, togbɔ be miele fukpekpe kple ɣeyiɣi sesẽwo me tom hã.