2 Thessalonians 1:5 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esia nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe la ƒe dzesi be woabu mi be miedze na mawufiaɖuƒe si ŋuti miekpe fu ɖo la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
nusiwo nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe la ƒe dzesi bena, wobu mi be, miedze Mawu ƒe fiaɖuƒe, si ŋuti míekpe fu ɖo la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu siawo katã nye dzesi be Mawu ƒe ʋɔnu si wòdrɔ̃ la me kɔ, eya ta wobu mi be miedze anɔ eƒe fiaɖuƒe, si ta miele fu kpem ɖo la me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esia nye ale si Mawu wɔa nu to mɔ dzɔdzɔetɔ dzii la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ko, elabena to miaƒe fukpekpe me la ele mia dzram ɖo hena eƒe fiaɖuƒe la