2 Thessalonians 1:9 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woahe to na wo le dzomavɔ la me, eye womagakpɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkume akpɔ gbeɖe o. Gawu la, womakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋusẽ hã o,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesiwo akpɔ fetu vɔ̃, si nye gbegblẽ mavɔmavɔ la, tso Aƒetɔ ƒe ŋku me kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne Aƒetɔ la va do, gbe ma gbe, be woadoe ɖe dzi le eƒe ame siwo ŋuti wokɔ la dome, eye ame siwo xɔ Mawu dzi se, to míaƒe ɖaseɖiɖi na mi me la nade ta agu nɛ la, woahe to na ame mavɔ̃mawu siawo, atsrɔ̃ wo tegbetegbee, eye woaɖe wo ɖa le Aƒetɔ la ŋkume, afi si eƒe ŋusẽ ƒe ŋutikɔkɔe la le la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Woahe to na wo le dzo mavɔ la me, eye womagakpɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkume akpɔ gbeɖe o, gawu la womakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋusẽ hã o,