2 Thessalonians 2:15 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siawo katã le susu me na mi, eya ta minɔ te sesĩe, eye mialé nyateƒe la me ɖe asi sesĩe, nyateƒe siwo míefia mi, esi míenɔ mia gbɔ kple esiwo míeŋlɔ ɖo ɖe mi le míaƒe agbalẽwo me na mi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata azɔ, nɔviwo, minɔ tsitre sesĩe, eye milé nuɖoanyi, si wofia mi, eɖanye to nya alo to míaƒe agbalẽ me o la, ɖe asi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta, nɔviwo, minɔ te sesĩe. Milé nu siwo míegblɔ na mi be miawɔ le míaƒe nufiafia kple agbalẽ, si míeŋlɔ ɖo ɖe mi la, me ɖe asi sesĩe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nɔvi lɔlɔ̃wo, nu siwo katã le susu me na mi eya ta minɔ te sesĩe eye mialé nyataƒe la me ɖe asi sesĩe, nyateƒe siwo míefia mi esi míenɔ mia gbɔ kple esiwo míeŋlɔ ɖo ɖe mi le míaƒe agbalẽwo me na mi.