2 Thessalonians 2:4 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Atsi tsitre ɖe mawu bubuwo ŋu, eye ayi aɖagbã nu siwo katã amewo subɔna la kple afi si wosubɔa wo le la gudugudu. Ayi aɖanɔ Mawu ƒe gbedoxɔ me abe Mawu ene, eye wòable amewo be yee nye Mawu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesi tsia tre, eye wòdoa eɖokui ɖe dzi ɖe nusianu, si woyɔna be Mawu alo nusi wosubɔna la dzi, nenem bena wòbɔbɔ nɔ anyi de mawuƒe la me hele eɖokui fiam be, yenye Mawu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame sia le tsitre tsi ge ɖe Mawu, alo nu ɖe sia ɖe ƒomevi si wosubɔna la ŋuti. Ayi ɖe mawuxɔ la me, abɔbɔ nɔ anyi ɖi, ahagblɔ be Mawue yenye.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Atsi tsitre ɖe mawu bubuwo ŋu eye ayi aɖagbã nu siwo katã amewo subɔna la kple afi si wosubɔa wo le la gudugudu. Ayi aɖanɔ Mawu ƒe gbedoxɔ me abe Mawu ene eye wòable amewo be yee nye Mawu.

Recommended Reading