2 Thessalonians 2:7 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke nu si ŋutsu aglãdzela sia awɔ ne eva la le edzi yim xoxo le bebeme, gake eya ŋutɔ mava o va se ɖe esime ame si le mɔ xem nɛ la do ɖa le mɔ me nɛ hafi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena sedzimawɔmawɔ ƒe nya ɣaɣla la le da wɔm ŋusẽtɔe xoxo; ɖeko wòle be, woaɖe amesi le ma xem vaseɖe fifi la da le mo la dzi hafi;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aglãdzedze ƒe ŋusẽ le dɔ wɔm le vivime xoxo, ke nu si koe kpɔtɔ lae nye be ame si le asi ɖom edzi la nate ɖa.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke nu si ŋutsu aglãdzela kple dzomavɔ me vi sia awɔ ne eva la, le edzi yim xoxo gake eya ŋutɔ mava o va se ɖe esime ame si le mɔ xem nɛ la do ɖa le mɔ me nɛ hafi.