2 Thessalonians 3:1 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, mabia tso mia si be miado gbe ɖa ɖe mía ta. Mido gbe ɖa gbã be Aƒetɔ la ƒe nya la nakaka ɖe afi sia afi kaba, eye wòakpɔ dziɖuɖu le afi sia afi si wòkaka ɖo, ale be wòaɖe ame geɖewo abe ale si wòdzɔe esi míeva mia gbɔ la ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mlɔeba la, nɔviwo, mido gbe ɖa ɖe mia la, bena Aƒetɔ ƒe nya la nayi dzi kaba, eye woakɔ eŋuti, abe alesi wòle le miawo hã mia dome la ene,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mlɔeake la, nɔvinyewo, mido gbe ɖa ɖe mía ta, be Aƒetɔ la ƒe nya la nakeke ta ahaɖu dzi, abe ale si wòle le mia dome la ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, esi mele agbalẽ sia nu wum la, mabia tso mia si be miado gbe ɖa ɖe mía ta. Mido gbe ɖa gbã be Aƒetɔ la ƒe nya la nakaka ɖe afi sia afi kaba eye wòakpɔ dziɖuɖu le afi sia afi si wòkaka ɖo, ale be wòaɖe ame geɖewo abe ale si wòdzɔe esi míeva mia gbɔ la ene.