2 Timothy 1:16 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Aƒetɔ la nayra Onesiforo kple eƒe aƒe blibo la, elabena eva kpɔam ɖa, eye wòdea dzi ƒo nam enuenu. Eƒe kpɔkpɔɖa gbɔa agbem abe ya fafɛ nyui ene, eye nye gaxɔmenɔnɔ menye ŋukpe nɛ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Aƒetɔ la nakpɔ nublanui na Onesiforo ƒe aƒe la; elabena ena nye dzi gbɔ ɖe eme enuenu, eye ŋu mekpenɛ le nye kɔsɔkɔsɔwo ŋuti o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ la nekpɔ nublanui na Onesiforo kple eƒemetɔwo, elabe ena nye dzi dze eme enuenu, eye gawu la, nye gaxɔmenɔnɔ mekpe ŋu nɛ o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Aƒetɔ la nayra Onisifero kple eƒe aƒe blibo la elabena ekpɔam ɖa eye wòdea dzi ƒo nam enuenu. Eƒe kpɔkpɔɖa gbɔa agbem abe ya fafɛ nyui ene eye nye gaxɔmenɔnɔ menye ŋukpe nɛ o.