2 Timothy 2:19 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke hã la, Mawu ƒe gɔmeɖokpe sesẽ la le te, eye wode dzesii kple nya siawo be, “Aƒetɔ la nyaa ame siwo nye etɔ vavãwo,” eye, “Ame sia ame si ʋua Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la, nate ɖa tso ŋutasesẽ gbɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke, eye nutrenu sia li nɛ. Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo, eye amesiame, si yɔa Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la, nate ɖa le madzɔmadzɔnyenye gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke gɔmeɖokpe si Mawu ɖo na xɔse la la le te sesĩe. Nya si ɖo kpe edzi lae nye: “Aƒetɔ la ŋutɔ nya ame siwo nye eya ŋutɔ tɔwo.” Bubu hãe nye: “Ame sia ame si gblɔ be Mawu tɔ yenye la, nedzudzɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke hã la, Mawu ƒe gɔmeɖokpe sesẽ la, le te eye wotre enu kple nya siawo be “Aƒetɔ la nyaa ame siwo nye etɔ vavãwo”, eye, “Ame sia ame si ʋua Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la nate ɖa tso ŋutasesẽ gbɔ.”