2 Timothy 2:22 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Si le nu sia nu si naa nu vɔ̃ ƒe susu si ɖea fu na ɖekakpuiwo enuenu, eye wògena ɖe mewò la nu, ke nàlé fɔ ɖe nu sia nu si nyɔa didi le mewò be nàwɔ nu nyui la ŋu. Xɔse kple lɔlɔ̃ kpakple ŋutifafa nanɔ mewò, eye nàna hadede kple ame siwo yɔa Aƒetɔ la, eye woƒe dzi me kɔ la, nado dzidzɔ na wò.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Si le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa yome hekpe de amesiwo katã yɔ Aƒetɔ la le dzi dzadzɛ me la ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta to adzɔge na nu madzɔmadzɔ wɔwɔ siwo dzroa ɖekakpuiwo vevie la, eye wò kple ame siwo tsɔ dzi dzadzɛ yɔa Aƒetɔ la be nekpe ɖe yewo ŋu la, miaʋli vevie ɖekae le nu dzɔdzɔe wɔwɔ, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Si le nu sia nu si naa nu vɔ̃ ƒe susu si ɖea fu na ɖekakpuiwo enuenu eye wògena ɖe wo me la nu, ke nalé fɔ ɖe nu sia nu si nyɔa didi le mewò be nãwɔ nu nyui la ŋu. Xɔse kple lɔlɔ̃ nanɔ mewò eye nana hadede kple ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ la eye woƒe dzime kɔ la, nado dzidzɔ na wò.