2 Timothy 2:25 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Bɔbɔ ɖokuiwò ne èle nu fiam ame siwo tɔtɔ le nyateƒe la ŋu, elabena ne ètsɔ ɖokuibɔbɔ kple gbe blewu ƒo nu na wo la, mɔkpɔkpɔ geɖe li bena, to Mawu ƒe amenuveve me la, woatrɔ dzi me, eye woaxɔ nyateƒe la dzi ase.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesi gbea nya le dzigbɔɖeanyi me na amesiwo tsia tre ɖe mawunya ŋu, ɖewo Mawu ana dzimetɔtrɔ wo, bene woadze si nyateƒe la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gawu la, ele be wòanye ame si gbɔa dzi blewuu gbea nya na ame siwo tsia tsitre ɖe eŋu la. Ɖewohĩ Mawu ave ame siawo nu be woatrɔ dzime, eye woava dze si nyateƒe la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Bɔbɔ ɖokuiwò ne èle nu fiam ame siwo tɔtɔ le nyateƒe la ŋu. Elabena ne etsɔ ɖokuibɔbɔ kple gbe blewu ƒo nu na wo la, mɔkpɔkpɔ geɖe li bena, to Mawu ƒe amenuveve me la, woaɖe asi le woƒe susu tatrawo ŋu eye woaxɔ nyateƒe la dzi ase.