2 Timothy 3:11 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ènya fukpekpe geɖe siwo va dzinye le gbeƒãɖeɖe nyanyui la ta. Ènya nu siwo katã wowɔm esi meyi Antioxia, Ikonio kple Listra hã, ke Aƒetɔ la ɖem tso wo me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
nye yometitiwo kple nye fukpekpe, siwo mekpe le Antioxia kple Ikonio kple Listra la yome; yometiti ma, siwo medo dzi kpe la, Aƒetɔ la ɖem tso wo katã me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenema ke woti yowòme, eye nèkpe fu abe nye ke ene. Wò ŋutɔ ènya ale si woti yonyeme le Antioxia, Ikonio kple Listra kple ale si medo dzii; ke Aƒetɔ la ɖem tso wo katã me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ènya fukpekpe geɖe siwo va dzinye le gbeƒãɖeɖe nyanyui la ta. Ènya nu siwo katã wowɔm esi meyi Antioxia, Ikonio kple Listra hã, ke Aƒetɔ la ɖem tso wo me.