2 Timothy 3:16 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mawu tsɔ eƒe nya la na mí to eƒe Gbɔgbɔ si wɔ dɔ le amewo me la dzi, eya ta Biblia nyo hena nufiafia tso nu siwo nye nyateƒe la ŋu kple ale si wòana míadze si nu siwo nye nu vɔ̃ le míaƒe agbenɔnɔ me. Edaa mí ɖe mɔ dzɔdzɔe dzi, eye wòkpena ɖe mía ŋu be míawɔ nu si nyo, eye wòdze.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawue ʋã amewo be woaŋlɔ mawunya ɖe sia ɖe ɖi, eya ta wonyo be woatsɔ afia nu ame, agbe nya na ame, aɖɔ ame ɖo, eye be woatsɔ wo ahe ame be wòawɔ nu dzɔdzɔe;
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mawu tsɔ eƒe nya la na mí to eƒe Gbɔgbɔ si wɔ dɔ le amewo me la dzi. Eya ta Biblia nyo hena nufiafia tso nu siwo nye nyateƒe la ŋu kple ale si wòana míadze si nu siwo nye nu vɔ̃ le míaƒe agbenɔnɔ me. Edaa mí ɖe mɔ dzɔdzɔe dzi eye wòkpena ɖe mía ŋu be míawɔ nu si nyo eye wòdze.