2 Timothy 3:8 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nufiala siawo tsia tsitre ɖe nyateƒe la ŋu abe ale si Yane kple Yambre tsi tsitre ɖe Mose ŋu ene. Susu ƒoɖi totro kpaɖikpaɖiwo le wo me, eye wotsi tsitre ɖe Kristo dzixɔse la ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Alesi Yane kple Yambre wotsi tre ɖe Mose ŋuti la, nenema ke woawo hã wotsi tre ɖe nyateƒe la ŋuti; Ame tamegbegblẽtɔwo, amesiwo meli ke le xɔse me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Abe ale si Yane kple Yambre tsi tre ɖe Mose ŋui ene la, nenemae ame siawo hã tsi tre ɖe nyateƒe la ŋui. Nu fitifiti si wɔm wole la xɔ woƒe susu, eye woƒe xɔse megale te o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nufiala siawo tsia tsitre ɖe nyateƒe la ŋu abe ale si Yane kple Yambre tsi tsitre ɖe Mose ŋu ene. Susu ƒoɖi totro kpaɖikpaɖiwo le wo me eye wotsi tre ɖe Kristo dzixɔse la ŋu.