2 Timothy 4:21 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Dze agbagba nàva ɖo afi sia hafi vuvɔŋɔli naɖo. Eubulo, Pude, Lino, Klaudia kple nɔvi bubuawo katã do gbe na wò.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Do vevie be, nava, hafi ne vuvɔŋɔli naɖo. Eubulo kple Pude kple Lino kple Klaudia kpakple nɔviwo katã ɖuɖɔ wò ƒã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dze agbagba nàva hafi vuvɔŋɔli naɖo. Eubulo, Pude, Lino kple Klaudia kpakple nɔviawo katã do gbe na wò nyuie.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Dze agbagba nava ɖo afi sia hafi vuvɔŋɔli naɖo. Eubulo, Pude, Lino, Klaudia kple ame bubuawo katã do gbe na wò.