3 John 1:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nya geɖe le asinye be maŋlɔ na wò, gake nyemedi be maŋlɔe kple nuŋlɔti kple nuŋlɔtsi ɖeɖe ko o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nya geɖe gali be, maŋlɔ aɖo ɖe wò; gake nyemelɔ̃ be, matsɔ agbalẽŋlɔtsi kple agbalẽŋlɔti aŋlɔ wo aɖo ɖe wò o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Togbɔ be nya geɖe le asinye, medi be maŋlɔ aɖo ɖe wò hã la, nyematsɔ nuŋlɔti kple nuŋlɔtsi aŋlɔ woe o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nya geɖe le asinye be maŋlɔ na wò gake nyemedi be maŋlɔe kple nuŋlɔti kple nuŋlɔtsi ɖeɖe ko o. Mele mɔ kpɔm be míado go kpuie eye míaƒo nu ŋkume kple ŋkume. Ŋutifafa nanɔ anyi kpli wò. Nɔvi siwo katã le afi sia la do gbe na wò nyuie. Do gbe na nɔvi siwo le gbɔwò la na mí ɖekaɖeka.