Acts 1:3 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le eƒe fukpekpe, ku kple tsitretsitsi megbe la, eɖe eɖokui fia ame siawo, eye wòna kpɔɖeŋu geɖewo tsɔ ɖo kpe edzi na wo be yele agbe. Eɖe eɖokui fia wo le ŋkeke blaene sɔŋ me, eye wòƒo nu na wo tso mawufiaɖuƒe la ŋuti.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesiwo hã wòtsɔ eɖokui fia agbagbe le eƒe fukpekpe la megbe to dzesi kɔte geɖewo me, eye wòna wokpɔe le ŋkeke blaneawo me, eye wòle nu ƒom le mawufiaɖuƒe la ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le eƒe fukpekpewo megbe la, eɖe eɖokui fia wo agbagbee zi geɖe, le ŋkeke bla ene me, eye wokpɔe wònɔ nu ƒom le Mawu ƒe fiaɖuɖu ŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le eƒe fukpekpe, ku kple tsitretsitsi vɔ megbe la, eɖe eɖokui fia ame siawo, eye wòna kpɔɖeŋu geɖewo tsɔ ka ɖe edzii na wo be yele agbe. Eɖe eɖokui fia wo le ŋkeke blaene sɔŋ me eye wòƒo nu na wo tso mawufiaɖuƒe la ŋuti.