Acts 10:1 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋutsu aɖe nɔ Kaesarea si ŋkɔe nye Kornelio. Enye aʋafia le asrafoha si woyɔna be Italia Hatsotso la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ŋutsua ɖe le Kaisarea, eŋkɔe nye Kornelio, amesi nye aʋafia le asrafoha, si woyɔna bena Italiatɔwo tɔ la nu,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋutsu aɖe nɔ Kaisarea si ŋkɔe nye Kornelio. Enye aʋakplɔla le Roma-srafoha si woyɔna be “Italia-srafoha” la me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Roma ŋutsu aɖe si nye asrafomegã la nɔ Kaisarea le ɣemaɣi. Eŋkɔe nye Kornelio eye wònye asrafomegã nɔ Italiatɔwo ƒe aʋakɔ ɖeka nu.