Acts 10:17 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋutega sia wɔ moya na Petro ŋutɔ. Mese egɔme o, eye kpɔ ɖa, ŋutsu siwo Kornelio dɔ ɖo ɖa la le Simɔn ƒe aƒe la ta biam hele tsitre le agbo la nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi Petro tsi dzodzodzoe le eɖokui me, nusi ŋutega, si yekpɔ la lanye la, kpɔ ɖa, ŋutsui siwo Kornelio dɔ ɖo ɖa la, le Simon ƒe aƒe ta biam hele tsitre ɖe agbo la nu;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Petro tɔtɔ eye wònɔ tame bum vevie be yease ŋutega la gɔme. Ɣeyiɣi sia me tututu la, Kornelio ƒe amedɔdɔ siwo yi ɖabia Simon ƒe aƒe ta se la va ɖo agboa nu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ŋutega sia wɔ moya na Petro ŋutɔ. Mese egɔme o eye menya nu si tututu Mawu di be yeaɖe fiae hã o.