Acts 10:22 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋutsuawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame dɔdɔwo mienye tso Kornelio si nye Romasrafowo ƒe amegã ɖeka la gbɔ. Enye ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la eye Yudatɔwo katã hã bunɛ ŋutɔ. Mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae, eye wòbia tso esi be wòadɔ ame ne woayɔ wò vɛ be nàgblɔ nu si wòawɔ la nɛ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wogblɔ bena: aʋafia Kornelio, ame dzɔdzɔe kple amesi vɔ̃a Mawu, amesi ŋuti Yuda-dukɔ blibo la katã ɖi ɖase nyuie le la, eya mawudɔla kɔkɔea ɖe de se na be, nedɔ, ne woayi ɖayɔ wò va eƒe me, bena wòase nyawo tso gbɔwò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woɖo eŋu be: “Míawo hã mía gbɔ fa. Aʋakplɔla Kornelio ye dɔ mí ɖe gbɔwò. Enye nuteƒewɔla vɔ̃mawu, ame si ƒe nyanyui Yudatɔwo katã gblɔna. Ebe mawudɔla kɔkɔe aɖe bia tso ye si be yeneɖo ame ɖe wò nàva ye ƒeme, ne nàva gblɔ gbɔwò nya na ye.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ŋutsuawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame dɔdɔwo mienye tso Kornelio si nye Roma srafowo ƒe amegã ɖeka la gbɔ. Enye ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye Yudatɔwo katã hã bunɛ ŋutɔ. Mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wòbia tso esi be wòadɔ ame ne woayɔ wò ɖee be nãgblɔ nu si wòawɔ la nɛ.”"