Acts 10:28 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Petro gblɔ na ƒuƒoƒe la be, “Miawo ŋutɔ mienya be mele be nye abe Yudatɔ ene la mava mi ame siwo menye Yudatɔwo ƒe aƒe me alea o, gake Mawu ɖee fiam le ŋutega me be, mele be mabu ame aɖeke abe nu dzodzro alo nu makɔmakɔ ene o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na wo bena: Mia ŋutɔwo mienya, alesi mele sea nu bena, Yuda-ŋutsua ɖe nabɔ ha kple dukɔ bubu me tɔa ɖe alo ava egbɔ o, eye nye la Mawu fiam bena, nyemagayɔ amea ɖeke be ame dzodzro alo ame makɔmakɔ o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Petro gblɔ na wo be: “Miawo ŋutɔ mienyae be se meɖe mɔ na Yudatɔ aɖeke be wòade ha kple dukɔ bubu me tɔ aɖe, alo wòaɖi tsa ayi egbɔ teti hã o. Ke Mawu na menya be medze be mabu ame aɖeke be eya medze woazɔ kplii loo, alo enye ame ƒoɖi o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le gbelɔlɔ̃ vɔ megbe la, Petro tsi tre hegblɔ na ƒuƒoƒea be, “Miawo ŋutɔ mienya be mele be nye abe Yudatɔ ene mava mi Trɔ̃subɔlawo ƒe aƒeme alea o. Gake Mawu ɖee fiam le ŋutega me be, mele be mabu ame aɖeke be enye nu maɖinu o.