Acts 10:32 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, dɔ ame aɖewo ɖe Yopa, ne woaɖayɔ Simɔn Petro vɛ na wò. Simɔn Petro sia le Simɔn si nye lãgbalẽŋutidɔwɔla aɖe ƒe aƒe me le ƒuta.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata da ame ɖo ɖe Yope, ne woaɖayɔ Simon, si woyɔna be Petro la ve; amesia dze Simon ɖe, si tea kpe agbalẽ la, ƒe me le ƒua nu; ne amesia va la, aƒo nu na wò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dɔ ame ɖe Yopa, ne woaɖayɔ Simon si wogayɔna hã be Petro la vɛ. Edze Simon, lãgbalẽdɔwɔla, ame si ƒe aƒe le ƒu nu lɔƒo la gbɔ.’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
be ne woayi aɖayɔ Simɔn Petro vɛ na wò. Simɔn Petro sia le Simɔn si nye lãgbalẽ ŋuti dɔwɔla aɖe ƒe aƒe me le ƒuta.