Acts 10:38 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Meka ɖe edzi be mienya hã be Mawu da asi ɖe Yesu, Nazaretitɔ la dzi to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, eye wòna ŋusẽ si na be wòte ŋu nɔ tsatsam henɔ dɔmenyo wɔm na amewo lae. Eda gbe le dɔnɔ siwo dzi Abosam ɖu la ŋu elabena Mawu nɔ kplii ɖaa.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mienya be Mawu tsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe kple ŋusẽ si ami na Yesu Nazaretetɔ la. Mienya be etsa yi teƒe geɖe, wɔ nyui na amewo, eye wòda gbe le ame siwo katã Abosam te ɖe anyi la ŋu, elabe Mawu nɔ kplii.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Meka ɖe edzi be mienya hã be Mawu da asi ɖe Yesu, Nazaretitɔ la, dzi to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me eye wòna ŋusẽ si na be wòte ŋu nɔ tsatsam henɔ dɔmenyo wɔm na amewo lae. Eda gbe le dɔlélawo ŋu henya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me elabena Mawu nɔ kplii ɖaa.”