Acts 10:4 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Kornelio vɔ̃ ŋutɔ. Ɖeko wòke ŋku ɖe te gãa nɔ mawudɔla la kpɔm. Mlɔeba la, ebiae be, “Amegã, nya kae dzɔ? Nu ka dim nèle tso gbɔnye?” Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be, “Wò gbedodoɖa kple nunana ame dahewo va ɖo dziƒo le Mawu ŋkume abe ŋkuɖodzinunana ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi eya kpɔe gã, eye wòvɔ̃ la, egblɔ bena: Nukae, Aƒetɔ? Eye wògblɔ nɛ bena: Wò gbedodoɖawo kple wò dɔmenyowɔwɔwo yi dzi le Mawu ŋku me hena ŋkuɖoɖodzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Vɔvɔ̃ ɖoe, eye wòle dɔla la kpɔm gã. Kornelio bia be: “Aƒetɔ, nu kae?” Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be: “Ale si nèdoa gbe ɖa kple ale si nèwɔa dɔmenyo na amewo la dze Mawu ŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Kornelio vɔ̃ ŋutɔ. Đe ko woke ŋku ɖe te gãa nɔ mawudɔla la kpɔm. Mlɔeba la ebiae be, “Amegã, nya kae dzɔ? Nu ka dim nèle tso gbɔnye?” Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be, “Mawu se wò gbedodoɖawo eye wòde dzesi wò dɔmenyowɔwɔwo katã hã.