Acts 10:41 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Meɖee fia le dutoƒo o, ke boŋ eɖee fia mí apostoloawo siwo Mawu tia ɖi xoxo la, eye míeɖu nu, heno nu kplii le eƒe fɔfɔ tso ame kukuwo dome megbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
menye dukɔ blibo la katã o, ke boŋ eƒe ɖaseɖila, siwo Mawu tia ɖi xoxo, mí, amesiwo ɖu nu, eye mieno nu kplii le eƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Menye ame sia amee kpɔe o; ke mí ame siwo Mawu tia be míanye ɖaseɖilawo la, míekpɔe. Esi wòfɔ tso ku me la, míawoe ɖu nu heno nu kplii.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Meɖee fia le dutoƒo o ke boŋ eɖee fia mí apostoloawo eye míeɖu nu heno nu kplii le eƒe fɔfɔ tso ame kukuwo dome megbe.