Acts 12:10 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wozɔ to agbo gbãtɔ eveawo me bɔbɔe, eye esi wova ɖo agbo gã mamlɛa, si wotsɔ gakpo wɔe gbɔ la, agbo la ŋutɔ ʋu le eɖokui si, ale be wodo go hege ɖe dua ƒe ablɔ ŋutɔ dzi. Esi wogazɔ yi ŋgɔgbe vie ko la, mawudɔla la bu le Petro gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi woto dzɔla gbãtɔwo kple eveliawo ŋu yi la, wova gagbo, si dze ŋgɔ dua la nu, eye eya ŋutɔ ʋu eɖokui na wo; eye esi wodo go la, woto ablɔ ɖeka me, eye kasia mawudɔla la dzo le egbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi woto dzɔla gbãtɔwo kple eveliawo ŋu la, wova ɖo dua ƒe agbo si wowɔ kple gakpo la nu. Agboa ŋutɔ koe ʋu le eɖokui si siaa, eye wodo dzo. Wozɔ mɔdodo aɖe dzi yina, kasia mawudɔla la dzo le egbɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wozɔ to agbo gbãtɔ eveawo me bɔbɔe eye esi wova ɖo agbo gã mamlɛa si wotsɔ gakpo wɔe gbɔ la, agboa ŋutɔ ʋu le eɖokui si ale be wodo go hege ɖe dua ƒe ablɔ ŋutɔ dzi. Esi wogazɔ yi ŋgɔgbe vie ko la, mawudɔla la bu le Petro gbɔ.