Acts 12:14 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Roda se Petro ƒe gbe le agboa godo la, dzi dzɔe ale gbegbe be wòƒu du yi ɖe aƒea me ɖagblɔe na ƒuƒoƒe la be “Petro va le agboa nu le eƒom!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòdze si Petro ƒe gbe la, meʋu agbo la o le dzidzɔ, si wòkpɔ la ŋuti; ke eƒu du yi ɖe eme, eye wòka ta na wo bena, Petro le tsitre ɖe agbo la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi nyɔnuvia se Petro ƒe gbe me la, edze sii be eyae. Dzi dzɔe ale gbegbe be megaxaʋu agbo la gɔ̃ hã o, ɖeko wòsi du trɔ yi eme ɖagblɔ na wo be Petro ye le tsitre ɖe agboa nu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi Roda se Petro ƒe gbe le agboa godo la dzi dzɔe ale gbegbe be wòƒu du yi ɖe aƒea me ɖagblɔe na ƒuƒoƒea be Petro va le agboa nu le eƒom.