Acts 12:15 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ameawo mexɔ nyɔnuvi la ƒe nya sia dzi se o eye ame aɖewo gblɔ nɛ gɔ̃ hã be, “Ewɔ abe ɖe wò susu da ene.” Ke eganɔ gbe tem ɖe edzi na ameawo be Petro ƒe gbee yese. Ale wogblɔ be, “Ɖewohĩ eƒe mawudɔlae.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woawo gblɔ nɛ bena: Aɖaʋa dzem nèle. Ke ekã ɖe edzi bena, ele me nenema. Gake woawo gblɔ bena: Eƒe mawudɔlae.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wogblɔ nɛ be: “Èdze aɖaʋa!” Ke nyɔnuvia ka ɖe edzi be nyateƒee. Ameawo gblɔ nɛ be: “Ekem anye Petro ƒe mawudɔlae!”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ameawo mexɔ nyɔnuvia ƒe nya sia dzi se o eye ame aɖewo gblɔ nɛ gɔ̃ be, “Ewɔ abe ɖe wò susu da ene.” Ke eganɔ gbe tem ɖe edzi na ameawo be Petro ƒe gbee yese. Ale wogblɔ be, “Đewohĩ eƒe dzikpɔdɔlae le agboa nu.” Elabena woxɔe se be wowui xoxo.