Acts 12:17 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Petro tsɔ asi wɔ dzesi na wo be woazi ɖoɖoe kpoo, ale wògblɔ ale si Aƒetɔ la ɖee le gaxɔa me la na wo. Egblɔ na wo be, “Migblɔ nu si va dzɔ la na Yakobo kple ame nɔviawo.” Emegbe eya ŋutɔ dzo yi teƒe bubu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòɖo asi wo dzi bena, woazi ɖoɖoe, eye wòxlẽ alesi Aƒetɔ la kplɔe do goe tso gaxɔa me la, fia wo. Eye wògblɔ bena: Mika nusiawo ta na Yakobo kple nɔviawo. Eye wòdzo le afima yii afi bubu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Petro wɔ asi na wo be woazi ɖoɖoe. Emegbe la, eƒo nu na wo tso ale si Aƒetɔ la ɖee tso gaxɔa me la ŋu. Egblɔ na wo be: “Miyi ɖagblɔ nya sia na Yakobo kple nɔvi bubuawo hã.” Esia megbe la, Petro dzo le wo gbɔ yi ɖe teƒe bubu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Petro bia tso wo si be woazi ɖoɖoe kpoo ale wògblɔ ale si Mawu ɖee le gaxɔa me la na wo. Ebia tso wo si be woana Yakobo kple ame mamlɛawo nanya nu le nu si dzɔ la ŋu eye eya ŋutɔ dzo yi teƒe bubu afi si wòanɔ dedie le.