Acts 12:20 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le esime Herodes nɔ Kaesarea la, ame dɔdɔ aɖewo tso Tiro kple Sidon va egbɔ. Herodes melɔ̃a Tirotɔwo kple Sidontɔwo ƒe nya kura o. Le esia ta la, ame dɔdɔawo va dze xɔlɔ̃ Blasto si nye agbalẽŋlɔla gã le fia la ƒe aƒe me gbɔ, eye wobia tso esi be wòaɖe kuku na Herodes ɖe yewo nu, ale be ŋutifafa nava yewo kple fia la dome. Esia hiã vevie, elabena Tirotɔwo kple Sidontɔwo kpɔa woƒe nunyiame tso dukɔ siwo dzi ɖum Herodes le la gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dome vee ɖe Tirotowo kple Zidontɔwo ŋu; ke wova egbɔ kple nu sɔsɔe, eye esi wowɔ xɔlɔ̃ kple Blasto, si nye fia ƒe nuwo dzikpɔla la, wòbia tomefafa; elabena woƒe anyigba kpɔa nunyiame tso fia la tɔ dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbe ɖeka la, Herodes do dɔmedzoe ɖe Tirotɔwo kple Sidontɔwo ŋu. Ale ameawo wɔ ɖeka va egbɔ. Gbã la, wokpɔ Blasto, ame si nye fia la ƒe nuwo dzikpɔla la hebia tso esi be wòakpe ɖe yewo ŋu. Woyi ɖe fia la gbɔ azɔ hebia tomefafa, elabe Herodes ƒe dukɔ mee wokpɔa nuɖuɖu tsonɛ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le esime Herodes nɔ Kaisarea la, ame dɔdɔ aɖewo tso Tiro kple Sidon va egbɔ. Herodes melɔ̃a Tiro kple Sidontɔwo ƒe nya kura o. Le esia ta ame dɔdɔawo va dze xɔlɔ̃ Blasto si nye agbalẽŋlɔla gã le fia la ƒeme gbɔ eye wobia tso esi be wòaɖe kuku na Herodes ɖe yewo nu ale be ŋutifafa nava yewo kple fia la dome. Esia hiã vevie elabena Tiro kple Sidontɔwo kpɔa woƒe nunyiame tso dukɔ siwo dzi ɖum Herodes le la gbɔ.