Acts 12:6 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le zã si do ŋgɔ na gbe si gbe Herodes ɖo be woaɖe Petro adrɔ̃ ʋɔnui la, Petro nɔ alɔ̃ dɔm le asrafo eve dome. Wode gakɔsɔkɔsɔ asi nɛ sesĩe. Asrafo bubuwo hã ganɔ gaxɔa ƒe agbonu dzɔm.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke gbesigbe Herodes le eɖe ge ɖe go afia ƒe zã me la, Petro le alɔ̃ dɔm hele babla kple kɔsɔkɔsɔ eve le asrafo eve dome, eye dzɔlawo le ʋɔtrua nu hele gaxɔ la ŋuti dzɔm.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋkeke si dzi tututu Herodes le Petro ɖe ge ɖe dutoƒo la ƒe zã me la, wode kɔsɔkɔsɔ eve Petro eye wòle alɔ̃ dɔm le asrafo eve dome. Dzɔlawo nɔ ʋɔtrua nu hã henɔ gaxɔ la ŋu dzɔm.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le zã si do ŋgɔ na gbe si gbe woɖo be woawu Petro me la, Petro nɔ alɔ̃ dɔm le asrafo eve dome. Wode ga asi nɛ sesĩe. Asrafo bubuwo hã ganɔ gaxɔa ƒe agbonu dzɔm.