Acts 12:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Kasia Aƒetɔ la ƒe dɔla aɖe va do, eye Kekeli klẽ ɖe gaxɔ la me. Dɔla la ƒo Petro ƒe axame henyɔe tso alɔ̃ me. Egblɔ nɛ be, “Netsɔ, tsi tsitre!” Enumake gakɔsɔkɔsɔ la ge le Petro ƒe alɔnu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔlaa de le tsitre de egbɔ, eye kekeli klẽ ɖe gaxɔa me. Eye wòƒo Petro ƒe axada me henyɔe golɔ bena: Tsi tre kaba! Eye eƒe kɔsɔkɔsɔ ge le eƒe asiwò ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kasia Aƒetɔ la ƒe dɔla do, eye kekeli klẽ ɖe gaxɔa me. Mawudɔla la ƒo Petro ƒe axadame, nyɔe hegblɔ nɛ be: “Fɔ kaba!” Enumake kɔsɔkɔsɔawo ge le Petro ƒe alɔnu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Kasia Aƒetɔ ƒe dɔla aɖe va do eye kekeli klẽ ɖe gaxɔ la me. Dɔla la ƒo Petro ƒe axame henyɔe tso alɔ̃ me. Egblɔ nɛ be, “Netsɔ, tsi tre!” Enumake gakɔsɔkɔsɔ la ge le Petro ƒe alɔnu.