Acts 12:8 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tete mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Do wò awuwo kple wò afɔkpa.” Petro wɔ nenema, eye mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Bla wò ali dzi sesĩe ne nàdze yonyeme.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dɔla la gblɔ nɛ bena: Bla wò ali dzi, eye nado wò atokotawo! Eye wòwɔ nenema. Eye wògblɔ ne bena: Do wò awu ʋlaya la, eye nadze yonyeme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawudɔla la gblɔ nɛ be: “Bla ali dzi, nàdo afɔkpa.” Petro wɔ nenema. Mawudɔla la gagblɔ nɛ be: “Do wò awu ʋlaya nàdze yonyeme.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Tete mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Do wò awuwo kple wò afɔkpa.” Petro wɔ nenema eye mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Bla wò alidzi sesĩe ne nãdze yonyeme.”