Acts 13:11 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ Mawu ahe to na wò, eya ta wò ŋkuwo agbã, ale be màgate ŋu akpɔ ɣe ƒe keklẽ o hena ɣeyiɣi aɖe.” Enumake Elima ƒe ŋku dzi tsyɔ̃ eye wòde asi asitsatsa le yame me henɔ kuku ɖem be ame aɖe nalé yeƒe alɔnu afia mɔ ye.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye azɔ la kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ƒe asi ava dziwò, eye wò ŋku agba, eye magakpɔ ɣe o vaseɖe ɣeyiɣia ɖe dzi. Eye enumake afu kple viviti dze edzi, eye wòle asi tsam le amesi alé eƒe alɔnu akplɔe la dim.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ahe to na wò fifi laa. Wò ŋku agbã, màgakpɔ ɣe o, va se ɖe ɣeyiɣi aɖe.” Enumake afu xe ŋku dzi na Elima, eye eƒe ŋku tsí. Enɔ asi nyem ya me nɔ ame dim be wòakplɔ ye.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ Mawu ahe to na wò eya ta wò ŋkuwo agbã ale be mãgate ŋu akpɔ nu o hena ɣeyiɣi aɖe.” Enumake Elima ƒe ŋku dzi tsyɔ eye wòde asi asitsatsa le yame me, henɔ kuku ɖem be ame aɖe nalé yeƒe alɔnu afia mɔ ye.