Acts 13:17 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Israel dukɔ sia ƒe Mawu tia míaƒe dukɔ sia, eye wòde bubu eŋu. Eɖee tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi bubutɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Israel-dukɔ sia ƒe Mawu la ba mia fofowo, eye wòdo dukɔ sia ɖe dzi, esi wònye amedzro le Egipte-nyigba dzi, eye wotsɔ abɔ sesẽ kplɔ wo tso afima.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Israel-dukɔ la ƒe Mawu la tia mía tɔgbuiwo, eye wòwɔ wo dukɔ deŋgɔ aɖe, esime wonɔ Egipte-nyigba dzi. Mawu kplɔ wo kple eƒe ŋusẽ triakɔ la dzoe le Egipte.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Israel dukɔ sia ƒe Mawu, tia míaƒe dukɔ sia eye wòde bubu eŋu. Eɖee tso kluvinyenye me le Egipte nyigba dzi bubutɔe.