Acts 13:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ɖeka la, esi ame siawo nɔ Aƒetɔ la subɔm, nɔ nu tsim nɔ dɔdɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ na wo be, “Mitia Barnabas kple Saulo be woaɖawɔ dɔ tɔxɛ si ta meyɔ wo ɖo la nam.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wole Aƒetɔ la subɔm, eye wotsia nu dona la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ bena: Azɔ mitia Barnaba kple Saul nam hena dɔwɔwɔ, si ŋuti meyɔ wo ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esime wonɔ Aƒetɔ la subɔm eye wotsi nu dɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ na wo be: “Miɖe Barnaba kple Saulo ɖe aga nam, ne woawɔ dɔ si ta meyɔ wo ɖo la.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gbe ɖeka, esi ame siawo ƒo ƒu henɔ gbe dom ɖa nɔ nu tsim nɔ dɔdɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ na wo be, “Mitia Barnaba kple Saulo be woayi aɖawɔ dɔ tɔxɛ si ta meyɔ wo la nam.”