Acts 13:22 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke emegbe la, Mawu ɖe Saulo ɖa le zikpui la dzi, eye wòtsɔ David si nye Yese ƒe vi la ɖo fiae ɖe eteƒe. Mawu kpɔ ŋudzedze le David ŋu, eye wòɖi ɖase le eŋu be, ‘David nye ame si dze nye dzi ŋu, elabena ewɔ nye lɔlɔ̃nu.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi woɖee ɖa la, ena Dawid tsi tre, be wòanye fia na wo, amesi ŋuti hã wòɖi ɖase le gblɔ bena: „Mekpɔ Dawid, Isai vi la, ŋutsu, si dze nye dzi ŋu, amesi lawɔ nye lɔlɔ̃nu katã.“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke esi Mawu ɖe Saulo le zi dzi la, eɖo David fiae ɖe eteƒe na wo. Mawu ɖi ɖase le David ŋu be: ‘David, Isai vi la nye ame si tɔgbe tututu dim mele. Eyae nye ame si awɔ nu siwo katã medi la.’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke emegbe la Mawu ɖe Saulo ɖa le zikpuia dzi eye wòtsɔ David si nye Yese vi la ɖo eteƒe. Mawu kpɔ ŋudzedze le David ŋu eye wòɖi ɖase le eŋu be, ‘David enye ame si dze nye dzi ŋu elabena ewɔ nye lɔlɔ̃nu.’