Acts 13:24 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Hafi Yesu sia nava la, ame aɖe va do ŋgɔ nɛ si nye Yohanes Mawutsidetanamela. Ame sia gblɔ mawunya be ehiã be Israelviwo katã nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye woatrɔ ɖe Mawu ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
le esime Yohanes gblɔ dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedetaname fia Israel dukɔ blibo la katã le eƒe vava ŋgɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Hafi Xɔla sia nava la, Yohanes va ɖe gbeƒã na Israel-dukɔ la be amewo katã natrɔ dzime, eye woale mawutsi na wo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Hafi Yesu sia nava la ame aɖe va do ŋgɔ nɛ si nye Yohanes Mawutsidetanamela. Ame sia gblɔ mawunya be ehiã be Israelviwo katã nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye woatrɔ ɖe Mawu ŋu.