Acts 13:27 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame siwo le Yerusalem kple woƒe dumegãwo, esi womedze si ame sia kple nyagblɔɖilawo ƒe nya siwo woxlẽna le Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena amesiwo le Yerusalem kple woƒe dziɖulawo, esi womedze si amesia kple nyagblɔɖilawo ƒe gbe, siwo woxlẽna le Sabat sia Sabat dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame siwo le Yerusalem kple wo dziɖulawo menya be Xɔla lae nye ema o. Gawu la, womese mawunya si Mawu ƒe gbeƒãɖelawo xlẽna Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe la gɔme o, ale wobu fɔ Xɔla la. Esiae wɔe be nu siwo woɖe gbeƒãe le Xɔla sia ŋu ɖi la va ve me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yudatɔ siwo le Yerusalem kple woƒe dumegãwo wɔ ɖe nu si woŋlɔ da ɖi la dzi pɛpɛpɛ hewu Yesu. Wowui elabena, togbɔ be wonɔa nyagblɔɖilawo ƒe nyawo xlẽm hã la, womekpɔe dze sii eye womenya be eyae nye Đela si ŋu nyagblɔɖilawo nɔ nu ƒom le la o.